2 Thessalonians 1

1Agbalẽ sia tso Paulo, Silvano kple Timoteo gbɔ le yiyim na kristohame si le Tesalonika, ame siwo le dedie le Mawu mía Fofo kple míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo me.

2Mawu mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo nana eƒe yayra sɔgbɔ la mi eye wòana ŋutifafa nanɔ miaƒe dziwo kple tamesusuwo me.

Akpedada kple gbedodoɖa

3Nɔvi lɔlɔ̃awo, akpedada na Mawu ɖe mia ta menye nu dzeame ko wònye na mí o, ke boŋ míaƒe dɔ wònye be míawɔ na Mawu ɖe ale si miaƒe xɔse tsi ɖe edzi nukutɔe eye miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo hã de to ŋutɔ la ta. 4Enye dzidzɔ na mí be míaƒo adegbe tso miaƒe dzigbɔɖi kple ale si miaƒe xɔse de to le Mawu me la ŋu na hame bubuwo, togbɔ be miele fukpekpe kple ɣeyiɣi sesẽwo me tom hã. 5Esia nye ale si Mawu wɔa nu to mɔ dzɔdzɔetɔ dzii la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko, elabena to miaƒe fukpekpe me la ele mia dzram ɖo hena eƒe fiaɖuƒe la 6eye le ɣemaɣi me ke la ele ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tohehe dzram ɖo ɖi na ame siwo le fu wɔm mi.

7Eya ta magblɔ na mi ame siwo le fu kpem la be, Mawu ana dzudzɔ mi kple míawo nenye be Aƒetɔ Yesu va do kpoyi tso dziƒo le dzo ƒe aɖewo me kple eƒe mawudɔla sesẽwo. 8Adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo katã medi be yewoanya Mawu o, kple ame siwo katã gbe ɖoɖo si wòwɔ ɖe wo ŋu be yeaɖe wo to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo dzi la wɔwɔ me gbidii. 9Woahe to na wo le dzo mavɔ la me, eye womagakpɔ Aƒetɔ la ƒe ŋkume akpɔ gbeɖe o, gawu la womakpɔ eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ŋusẽ hã o, 10ne eva be wòaxɔ kafukafu kple bubu ɖe dɔ gã si wòwɔ na ame kɔkɔewo la ta. Miawo la, mianɔ ame siwo anɔ ekafum la dome elabena miexɔ Mawu ƒe nya si míegblɔ na mi la dzi se.

11Eya ta míedoa gbe ɖa ɖe mia ta ɖaa be míaƒe Mawu la nawɔ mi vi siwo ƒomevi wòdi be woanɔ ye si lae, eye agawɔ mi mianyo ade ale si miedi la nu! Mlɔeba la atsɔ eƒe ŋusẽ axe fe na mi ɖe miaƒe xɔse ta. 12Ekema ame sia ame anɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ kafum ɖe nu nyui siwo do go tso mia me wokpɔ la ta; eye miaƒe ŋutikɔkɔe gãtɔ kekeake enye be miava nye etɔ. Míaƒe Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ana esiawo katã ava eme na mi.

Copyright information for EweBEE